Matthew 7:7-11

Mibia, midi eye miaƒo ʋɔa

(Luka 11:9-13)

7Mibia nu eye woana mi; midi nu eye miakpɔe; miƒo ʋɔa eye woaʋui na mi. 8Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.

9“Mia dometɔ kae li nenye be viaŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe anɛ? 10Alo nenye be ebia tɔmelãe la wòatsɔ da anɛ? 11Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la, mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa?
Copyright information for EweBEE